Mark 3

1Yesu gayi ƒuƒoƒe la me,eye ameaɖe si sitidɔ le lasi na la le afima. 2Ameawo le ŋku ɖe eŋu be ayɔdɔ ne le sabbat gbe maha,ne yeawoa tsɔ nya ɖe eŋu.

3Yesu gblɔna dɔnɔ la bena,‘’va tsitre ɖe ameha la titina.‘’ 4Ke etrɔ ɖe ameha la ŋu bia wo bena,ɖe se la me ɖe mɔ be woawɔ nunyuie le sabbat gbe loo,alo nuvɔa?be woa xɔ ame ɖe agbe loo,alo awu ame maha?ke amesiame zi ɖoɖoe.

5Yesu tsa ŋku godoo kple dziku,eye woxanu le woƒe nutasese ŋuti,eye wogblɔ na ame la bena‘’dzɔ wo asi yi ŋgɔ‘’edzoe eye eƒe asi la ɖɔɖo. 6Tete farisitɔwo dogo ɖaɖe aɖanu kple Herodes yomedzelawo ɖe Yesu ŋu be yewoa wui.

7Yesu kple eƒe nusrɔlawo dzo le afima yi ɖe tɔ la to,eye amehaga aɖe tso Galilea kple yudea kplɔ woɖo. 8Ame geɖe siwo ha se nusiwo wowɔ la tso yerusalem, idumea kple yordan godo kpakple tiro kple sidon nutowo me va egbɔ.

9Yesu gblɔna eƒe nusrɔlawo be,woa di tɔdziʋu aɖe daɖi na ye be ne amehawo naga va mimi ye ɖo o. 10Eyɔdɔ na ame geɖe eyata amesiwo kata le dɔlem la va tsɔ edzi le agbɔsɔsɔ me be yewoa ka asi eŋu ko.

11Ne gbɔgbɔ makɔmakɔwo kpɔe la,wodzea anyi ɖe eƒe afɔnu,eye doa ɣli kple gblɔ nabe;‘’ 12woe nye Mawuvi la‘’Ke eya dea se na gnɔgbɔvɔawo vevie.

13Yesu yi to la dzi eye woyɔ amesiwo eya ŋutɔ la di la, eye wo va egbɔ. 14Eɖo amewuieve siwo wona ŋkɔ be apostolowo bena woa nɔ ye ŋuti ne ya dɔwo aɖa ɖe gbeƒa nyanyui la. 15Yeƒe ŋuse woanɔ wodzi ne woa nya gbɔgbɔvɔwo dogoe. 16Amewuieve siwo woɖo la nye :S imon amesi wotsɔ ŋkɔ na la be Petro.

17Yakobo Zebedeo ƒevi kple Yohanes Yakobo nɔvi,eda ŋkɔ ɖe woawo dzi be Dziɖegbe viwo. 18Andrea kple filipo, Bartelomeo kple Mateo, Toma kple Yakobo sinye Alfeo vi, Tadeo kple Simon Zelot. 19Kpakple Yuda Iskariot amesi adee asi.

20Ke Yesu trɔ va aƒeme,eye ameha gaa aɖe ga va ɖi anyi.Ameawo sɔgbɔ alegbegbe be,eya kple eƒe nusrɔlawo mevo aɖunu gɔ ha o. 21Esi eƒe ƒometɔwo se nusiawo kata,woyi be yewoa kplɔe dzoe,elabena amewo le gbɔgblɔm be‘’eƒe tagbɔ le gblegblem.‘’ 22Agbalefiala siwo tso yerusalem va afima gblɔ be ‘’gbɔgbɔvɔwo ƒe fia Belzebul xɔ anyi nɔ le eyama me,eƒe ŋkɔ mee wole gbɔgbɔvɔwo nyam le.

23Yesu yɔwo va eɖokui gbɔ,eye woƒo nu nawo le lododo me be,‘’Aleke abosam ateŋu anya eɖokui ado goe? 24Ne fiaɖuƒe aɖe tsirtre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋuti la,fiaɖuƒe ma gba. 25Nenemake ne aƒe ɖeka me tɔwo ama le wonoe wo dome la,ekema aƒe ma mateŋu anɔ te o.

26Ne abosam tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu eye woma abe alesi miele egblɔm ene la,mateŋu anɔ te sesie o. 27Ke eƒe nuwuwu anye ema.Amea ɖeke mateŋu ageɖe ŋuse tɔa aɖe ƒe aƒeme axɔ nusiwo le esi la bɔbɔe o,negbe ɖeko woabla ŋusetɔa gba afi ateŋu aha eƒe kesinɔnuwo.

28Le nyateƒe me,mele egblɔ na mi bena woa teŋu atsɔ amegbetɔ ƒe nuvɔ ɖesiaɖe si wowɔna kple vodada ɖesiaɖe akee. 29Gake amesiame si gblɔ vlodonya ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe ŋuti la woma tsɔe kee kpɔ gbeɖe o,elabena ewɔ nusi woma teŋu atsɔ ake o. 30Yesu gblɔ esia elabena amewo le gbɔgblɔm bena gbɔgbɔ makɔmakɔ le eme.

31Yesu ƒe nɔ kple nɔviawo va tsitre ɖe aƒea godo.wo dɔ ame be woa yɔe vɛ. 32Amehawo ƒoxla Yesu eye wogblɔ nɛ be.‘’nɔwo kple nɔviwo wo le diwom

33Egblɔ nawo bena ‘’ameka woe nye nɔnye kple nɔvinye wo?‘’ 34Enyekɔ kpɔ amesiwo ƒoxlae la,eye wogblɔ bena,mikpɔ nɔnye kple nɔvinye woe nye amesia wo. Amesi ame si wɔa Mawu ƒe lɔlnu la,amemae nye nɔvinye kple nɔnye.

35

Copyright information for EweULB